Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ

Описание к видео Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ

Hymne 302

1
Ne agbe sia me hiã geɖewo tu wò,
Dzi ɖe le ƒowò, mɔkpɔkpɔ bu keŋkeŋ. Kem xlẽ wò yayrawo ɖekaɖeka kpɔ,
Wò nu aku Mawu ƒe dɔmenyo ŋu.
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Xlẽ nu si Mawu wɔ na wò kpɔ!
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Wò nu aku le Mawu dɔmenyo ŋu!

2
Ɖe nètsia dzimaɖi gbe sia gbe vevie,
Buna be, wòa-titsoga la kpe akpaa?
Kem xlẽ wò yayrawo, ɖikeke nua-tsi,
‘Ye ànɔ hadzidzi ko dzi gbe sia gbe.
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Xlẽ nu si Mawu wɔ na wò kpɔ!
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Wò nu aku le Mawu dɔmenyo ŋu!

3
Ne nu nya na ame bubuwo fũ la,
Ɖo ŋku dzi, Yesu do gã ŋugbe na wò,
Kem xlẽ wò yayrawo, xexeamenuwo
Mateŋ’ aƒle dziƒo, wò fetu la, o!
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Xlẽ nu si Mawu wɔ na wò kpɔ!
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Wò nu aku le Mawu dɔmenyo ŋu!

4
Eya ta le xaxawo katã me la
Gabu dzideƒo o, Mawu tria-kɔ wu,
Kem xlẽ wò yayrawo ɖekaɖeka kpɔ,
Le dziƒo hã woafa ‘kɔ na wò xoxo.
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Xlẽ nu si Mawu wɔ na wò kpɔ!
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Wò nu aku le Mawu dɔmenyo ŋu!

‪@lesfreresgbekou2270‬

Комментарии

Информация по комментариям в разработке